Acts 1

Yesu ƒe dziƒoyiyi

1O Teofil, le nye agbalẽ gbãtɔ na wò me la meƒo nu tso nu siwo katã Yesu de asi wɔwɔ kple fiafia me, 2va se ɖe ŋkeke si dzi wotsɔe yi dziƒoe le esime wòde se na apostolo siwo wòtia to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me vɔ megbe ŋu. 3Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi vɔ megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ka ɖe edzii na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti. 4Gbe ɖeka esi Yesu nɔ nu ɖum kple eƒe apostolowo la, ede se na wo be, “Migadzo le Yerusalem o ke boŋ milala va se ɖe esime miaxɔ Fofonye ƒe nunana si ŋugbe wòdo, nu si ŋu meƒo nu tsoe na mi xoxo. 5Elabena tsi ƒuƒlue Yohanes tsɔ de mawutsi ta na mi, gake le ŋkeke ʋe aɖewo megbe la woade tsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.”

6Ɣebubuɣi esi Yesu gaɖe eɖokui fia apostoloawo la, wobiae se be, “Ale kee, Aƒetɔ, ɖe nèle Israel dukɔ la ɖe ge tso Romatɔwo te aɖoe te abe dukɔ nɔɖokuisi ene azɔa?”

7Yesu ɖo eŋu na wo be, “Fofo la ŋutɔe ɖo ŋkeke na nu siawo tɔgbi eye mehiã be miawo mianya ɣeyiɣi la kple ŋkeke la o. 8Gake ne Gbɔgbɔ Kɔkɔe la va mia dzi eye wòyɔ mia me la, ŋusẽ tɔxɛ kple dzideƒo blibo aɖo mia me eye miate ŋu anye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem, Yudea kple Samaria nutowo katã me kple xexeame ƒe seƒe ke.”

9Le nya siawo gbɔgblɔ vɔ megbe tete ko la, apostoloawo kpɔ Yesu wònɔ dziƒo yim abe ame aɖee nɔ ekɔm nɔ dzi yimii ene, kasia wòbu ɖe alilikpo me eye wòdzo le wo gbɔ. Ke apostoloawo ke nu ɖe te nɔ ekpɔm va se ɖe esime wòbu ɖe wo. 10Woganɔ kɔ didim be yewoakpɔ Yesu, kasia ame eve aɖewo, siwo do awu ɣiwo la va do ɖe wo dome. Ame eve siawo gblɔ na apostoloawo be, 11“Mi Galilea ŋutsuwo, nu ka ta miegale tsitre ɖe afii gale yame kpɔm gãa ale? Yesu dzo yi dziƒo, gake gbe ɖeka la, agatrɔ agbɔ abe ale si tututu wòdzo yi dziƒo lae ene!”

Matias tiatia

12Le nyadzɔdzɔ siawo megbe la, apostoloawo ɖi tso Amito la dzi, afi si nu siawo dzɔ le la hetrɔ va Yerusalem si didi abe kilometa ɖeka ko ene. 13Esi wova ɖo Yerusalem la, woƒo wo ɖokuiwo nu ƒu ɖe xɔ aɖe me le dziƒoxɔ si dzi wonɔ la dzi eye wodo gbe ɖa le afi ma.

14Apostolo siwo nɔ afi ma la woe nye: Petro, Yohanes, Yakobo, Adreas, Filipo, Toma, Bartolomeo, Mateo, Yakobo si nye Alfeo vi, Simɔn si wogayɔna be Zelote, Yuda si nye Yakobo vi kpakple Yesu nɔviŋutsuwo. Yesu dada Maria kple nyɔnu bubu geɖewo hã nɔ ameawo dome.

15Wonɔ gbedodoɖa dzi alea ŋkeke geɖewo. Gbe ɖeka esi ame abe alafa ɖeka blaeve lɔƒo ene gaƒo ƒu nɔ gbe dom ɖa la, Petro tsi tre ƒo nu na wo gblɔ be, 16“Nɔvinyewo, ale si Yuda de míaƒe Aƒetɔ Yesu asi eye wowui la va eme tututu abe ale si woŋlɔe da ɖi le mawunya me ene. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒo nu le nu siawo ŋu xoxo to Fia David dzi. 17Yuda la, mía dometɔ ɖeka wònye tsã. Yesu tiae koŋ be wòanye yeƒe apostolo abe míawo ke ene. 18Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la yi ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Elia ati dzi hetsɔ eɖokui xlã ɖe anyigba sesĩe ale be eƒe ƒodo wo too eye eƒe dɔkaviwo kaka ɖe anyigba. 19Eƒe kunya sia kaka ɖe Yerusalem dua me kaba ŋutɔ ale wona ŋkɔ teƒea be, ‘Ʋunyigba.’” 20Petro gblɔ be, “Elabena woŋlɔe ɖi ɖe Psalmowo me be, ‘Eƒe nɔƒe naɖi gbɔlo, ame aɖeke neganɔ afi ma o, eye ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ.’”

21Petro yi eƒe nuƒoa dzi be, “Azɔ la ele be míatia ame bubu aɖe wòanɔ Yuda teƒe le mía dome. Ame si míatia la nanye ame si nɔ mía dome kplikplikpli tso gɔmedzedzea, 22tso esime míenya Aƒetɔa, tso ɣeyiɣi si me Yohanes de mawutsi ta nɛ va se ɖe esime wòdzo le mia gbɔ yi dziƒo.”

23Ƒuƒoƒea tɔ asi ame eve dzi, ame siawoe nye Yosef Yusto si woyayɔna be Basaba kple Matias, be woatia wo dometɔ ɖeka. 24Eya megbe la wodo gbe ɖa gblɔ be, “Aƒetɔ, wòe nya ame sia ame ƒe dzime, eya ta fia mí ame si nètia le ame eve siawo dome 25be wòaxɔ apostolonyenye ƒe dɔ sia ɖe Yuda teƒe, ame si gblẽ dɔa ɖi le esime wòyi teƒe si dzee.”

26Le esia megbe la, woda akɔ eye wòdze Matias dzi ale wotiae abe apostolo ene kpe ɖe ame wuiɖekɛ mamlɛawo ŋu.

Copyright information for EweBEE